Acts 8:31 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke eya gblɔ bena: Aleke mate ŋui, ne amea ɖeke mefiam oa? Eye wòɖe kuku na Filipo bena, neɖo tasiaɖam la, eye wòbɔbɔ nɔ egbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dudɔwɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Ale ke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke meɖe egɔme nam o?” Ale wòbia tso Filipo si be wòage ɖe eme ava nɔ ye xa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Etiopia ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, ale ke wɔ mate ŋu ase egɔme le esime ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema.