Acts 8:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn la nɔ Samaria dua me. Enye afakala xɔŋkɔ aɖe, eye wòna Samaria dukɔ la ƒe nu ku; eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Simon la, va nɔ dua me heka afa, eye wòna Samaria-dukɔ la ƒe nu ku, esi wògblɔ bena, ye ŋutɔe nye gã;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsu aɖe nɔ dua me si ŋkɔe nye Simon. Enye dzosala. Do ŋgɔ la, ewɔa nukunuwo le Samaria-dukɔa me, amewo kpɔna. Egblɔna be ŋusẽtɔ gã aɖee yenye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn va nɔ Samaria dua me; enye afakala xɔŋkɔ aɖe le eƒe nukunuwo ta, eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã.