Amos 4:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si wɔ towo kple ya, eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ, eyae trɔa ŋdi wòzua viviti, eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu. Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe kpɔ ɖa, eya ame si wɔ towo kple yaƒoƒo, eye wòna amegbetɔ nya eƒe susu; eya ame si trɔa agudzedze wòzua zã, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo ke la, eŋkɔe nye: Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla!