Amos 5:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Baba na mi, ame siwo tsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti. Nu ka ta mietsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo? Ŋkeke ma anye viviti, manye kekeli o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Baba na amesiwo dzrom Yehowa ƒe ŋkeke la le! Viɖe ka Yehowa ƒe ŋkeke la nye na mi? Viviti wònye, menye kekeli o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mi ame siwo dzrom Aƒetɔ ƒe ŋkeke la le la, baba na mi. Viɖe ka le ŋkeke ma ŋu na mi? Elabe viviti wòanye, manye kekeli o.