Amos 5:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be, ‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la, ame alafa ɖeka koe agbɔ, eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa la ame ewo koe agbɔ.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne dua ɖe ho kple ame akpe le Israel ƒe aƒe la me la, ame alafa akpɔtɔ, eye ne eho kple ame alafa la, ame ewo akpɔtɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: “Ne du aɖe ho kple ame akpe ɖeka yi aʋa la, alafa ɖeka koe agbɔ, eye ne du bubu ho kple alafa la, ewo koe agbɔ le Israel.”