Amos 6:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ƒometɔ aɖe si atɔ dzo ame kukuawo va aƒea me la, abia ame si ɣla ɖe aƒea me la be, “Ame aɖewo gatsi agbe kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu nɛ be, “Ao!” Ekema ame si va la, agblɔ be, “Mia nu. Mele be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afi sia o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye ne woƒe ƒometɔ, amesi be, yeatɔ dzo wo la, va, be yeafɔ ame kukuawo tso aƒea me, eye wòbia amesi kpɔtɔ ɖe xogã me be: Amea ɖe gale gbɔwò hã, eye wòɖo ŋu be: Ɖeke megali o la, agblɔ be. Mia nu, ne womagaɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkɔ dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame kukua ƒe ƒometɔ si ŋkume amea ɖiɖi kpɔ la, ava be yeatsɔ ame kukua adzoe le aƒea me aɖatɔ dzoe. Ƒometɔ la ayɔ ame si susɔ ɖe aƒea me la abia be: “Ame aɖe susɔ kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu be: “Ao!” Tete ƒometɔ la agblɔ be: “Zi ɖoɖoe. Mele be miayɔ Aƒetɔ ŋkɔ o.”