Amos 6:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpewo dzia? Ɖe nyitsu siwo wotsɔna ŋlɔa agblee la ate ŋu aŋlɔ atsiaƒu dzia? Ke mietrɔ afia nyui tsotso wòzu aɖi, eye miedo ŋunyɔ nu sia nu si nye nu dzɔdzɔe la wòzu atsa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ðe sɔ ƒua du le aganua? Ðe wonaa nyitsu ŋlɔa nu le atsiaƒu dzia? Ke miawo ya mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, eye mietrɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ metsonu wòzu veve.