Amos 6:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miyi Kalne, eye milé ŋku ɖe anyi, mitɔ edzi tso afima yi Xamat-gã, eye mihoe ɖe dzi yi Filistitɔwo ƒe Gat be, ɖe eme nyo na wo wu fiaɖuƒe siawo tɔ loo, alo woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miyi ɖakpɔ Kalne ɖa. Mito afi ma yi ɖakpɔ Xamat, du gã la kple Gat, Filistitɔwo ƒe du la ɖa. Ðe wonyo wu Yuda kple Israel-fiaɖuƒewoa? Ðe woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?