Amos 6:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe. Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Yakob ƒe dada ƒuƒlu la le ŋu nyɔm nam, eye melé fu eƒe mɔ sesẽwo. Matsɔ du gã sia kple emenu nyuiwo ade asi na eƒe futɔwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, gblɔ esi: Yakob ƒe dàda le ŋu nyɔm nam, melé fu eƒe fiasãwo, eye matsɔ du la kple eme nuwo ade asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu tà eɖokui. Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la be: “Dàda si le Yakob ƒeme la le ŋu nyɔm nam; metsri woƒe fiasãwo. Matsɔ woƒe du gã la kple emenu ɖe sia ɖe ana woƒe futɔ.”