Amos 8:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo. Mianɔ funyivɔ me, alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si le mia si lae ku ene. Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifaɣiwo, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihɛwo. Mana mialũ ta, ata akpanya, eye mianɔ abe dzila siwo le konyi fam na wo vi ɖeka hɔ̃ ene. Ŋkeke bliboa awu enu le vevesese gã me.