Colossians 2:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esime mienye ame kukuwo le dzidadawo me, eye mienye Yudaviwo o ta, Mawu na be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii hã, esi wotsɔ dzidadawo katã ke mi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsã la, miawo hã mienye ame kukuwo, elabe mienɔ nuvɔ̃ me, eye wometso aʋa na mi le Kristo me o; ke azɔ la, Mawu gbɔ agbe miawo hã kpakple Kristo la, elabe wotsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã ke mí.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mieku ɖe nu vɔ̃wo me, eye womeɖe miaƒe dzodzro vɔ̃wo ɖa le mia ŋu haɖe o. Gake ena be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi,