Colossians 2:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo, alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Dzudzɔgbe ŋkekewo o la ta o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta migana ame aɖeke naka ŋkume na mi azɔ le nya siwo ku ɖe nuɖuɖu kple nunono alo azãɖuɖuwo, ɣletidzedzi kple Dzudzɔgbe ŋuti la me o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Sabat ŋkekewo o la ta o.