Colossians 2:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega, eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migana ame aɖeke nazi mia dzi be miabɔbɔ mia ɖokui alakpatɔe alo miade ta agu na mawudɔlawo o. Ame sia ƒomevi gblɔna be ŋutegakpɔkpɔ le vevie, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi glodzoo; ke dzodzroe, elabe ŋutilãmesusu koe le esi. Ne mieɖo to ame sia ƒomevi la, miaƒe asi masu nu si nyam miele la dzi o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si.