Colossians 2:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la ƒe asi me. Ne ele alea la, nu ka ta miegale wo wɔwɔ dzi, eye woƒe se mawo gabla mi ɖo?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mia kple Kristo mieku na xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo la, ekema nukaŋuti miena wogale se dem na mi abe ɖe miegale agbe le xexeame ene bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi mieku kple Kristo ta la, miedo go le xexemegbɔgbɔwo ƒe ŋusẽ te. Nu ka ta miegana wode se kukluiwo na mi abe xexemeŋusẽ tee miegale ene?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la si me. Woƒe susue nye be, ame akpɔ ɖeɖe to dɔ nyui wɔwɔ kple sewo dzi wɔwɔ me. Ne ele alea la, nu ka tae miegale wo wɔwɔ dzi eye woƒe se mawo gabla mi ɖo?