Colossians 2:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Se siawo anya dze se nyuiwoe, elabena wonye se siwo hiã ameɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo kpakple fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonana ame dana.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nusiawo tɔgbe xɔ nunya ƒe ŋkɔ le subɔsubɔ, si woa ŋutɔwo tia kple ɖokuibɔbɔɖeanyi kpakple ŋutilã ƒe fuwɔwɔ mè; menye le bubunua ɖeke me o, ke boŋ hena ŋutilã ƒe ƒoɖiɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edze le gota gome abe ne ame aɖe lé fɔ ɖe se siawo ŋu vevie, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi, hewɔ funyafunya eƒe ŋutilã alea la, nunya gã aɖe ɖe wòle eme ene. Ke nu siawo wɔwɔ mekpena ɖe ame ŋuti, wòtea ŋu ɖua eƒe ŋutilã me nudzroamewo dzi koŋ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Se siawo anya dze se nyuiwoe elabena wonye se siwo hiã ame ɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Đeko wonaa ame dana.