Colossians 2:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ne nyemele mia gbɔ ɖe ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me, eye dzi le dzoyem, esi mekpea miaƒe ɖoɖo kple miaƒe Kristo dzixɔse ƒe kelili.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me, eye edzɔ dzi nam be mekpɔ ale si miewɔa nu ɖe ɖoɖo nu, eye miexɔ Kristo dzi se kplikpae la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Togbɔ be gbɔnye didi tso mia gbɔ hã la, nye dzi le mia ŋu. Mekpɔ dzidzɔ elabena miele agbe nɔm nyuie eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me.