Colossians 2:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagatsɔ xexemenunya kple ameblenya gbɔlo, siwo wotu ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi dzi, alo ɖe xexemeŋusẽwo ƒe gbɔgbɔwo dzixɔse dzi la, akplɔ mi atrae o. Wometu nu siawo ɖe Kristo dzi o,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Migana ame aɖeke natsɔ eƒe xexemenunya kple nyaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe amegbetɔ ƒe nunya dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o la awɔ mi kluviwoe, kple dzidzɔ o.