Daniel 3:19 — Compare Translations

2 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã.