Daniel 9:26 — Compare Translations
2 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.