Deuteronomy 1:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye ŋkɔ le wo ŋu la, ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, eye wonɔ miaƒe toawo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale mexɔ nunyala kple nuteƒekpɔla siwo mieɖe nam tso toawo me, heɖo wo tatɔwoe ɖe mia nu. Wo dometɔ aɖewo le ame akpe nu, ɖewo le ame alafa nu, bubuwo le ame bla atɔ̃ nu eye ɖewo hã le ame ewo nu. Meɖo dɔwɔla bubuwo hã ɖe toawo dometɔ ɖe sia ɖe me.