Deuteronomy 1:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Míewɔ nu si Aƒetɔ, mía Mawu la gblɔ na mí la pɛpɛpɛ. Míeho tso Xoreb eye míeto gbedadaƒo dziŋɔ gã la heɖo ta Amoritɔwo ƒe tonyigba la dzi va ɖo Kades-Barnea.