Deuteronomy 1:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka ta míele afi ma yim? Vɔvɔ̃ ɖo mí! Elabe míaƒe amedɔdɔawo va gblɔ be dukɔa me tɔwo sɔ gbɔ wu mí, eye wodzɔ atsu wu mí hã. Woƒe duwo lolo eye gli ƒo xlã wo ɖatɔ keke dziŋgɔli ke. Gawu la, wobe yewokpɔ Enak viwo hã le afi ma.’