Deuteronomy 1:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi zɔ mia ŋgɔ le mo dzi, be yeafia afisi miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi, amesi zɔ dzo me le zã me, be yeafia mɔ, si miato la mi, eye wòzɔ alilikpo me le ŋkeke me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Evɔ wònye eyae dzea ŋgɔ na mi, eye wòfiaa afi si miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi hafi. Enɔa dzobibi me le zã me, eye wònɔa alilikpo me le ŋkeke me be yeafia mɔ si miato la mi.