Deuteronomy 1:43 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Megblɔe na wo, gake womeɖo tom o, ke boŋ wogatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋuti heyi tonyigba la dzi hena aʋawɔwɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye meƒo nu kpli mi, ke mieɖo to o; miesẽ to ɖe Yehowa ƒe nya la ŋu, eye miesẽ tame helia to la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Megblɔ Aƒetɔ ƒe nya la na mi, ke mietsɔ ɖeke le eme o. Miedze aglã ɖe Aƒetɔ ŋu, eye miezɔ ɖo ta tonyigba la dzi dàdatɔe.