Deuteronomy 1:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mitrɔ ne miaho adzo. Miyi Amoritɔwo ƒe tonyigba kple anyigba siwo katã ƒo xlã wo le nuto ma me la dzi. Teƒe siawoe nye: Yordan-bali me, toawo dzi, gbadzaƒeawo, anyigba si le anyigbemekegbegbe ɖo ta Domeƒu ŋu. Miyi Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi eye miato wo ŋu aɖo ta Lebanon ava se Frat-tɔsisi gã la nu.