Deuteronomy 1:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la ɖo mia ŋkume. Miyi ne miaxɔ anyigba si ŋu, Aƒetɔ, ka atam ɖo na mia tɔgbuiwo Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ na woawo kple woƒe dzidzimeviwo la.’