Deuteronomy 10:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Le esia megbe la, Israelviwo zɔ mɔ tso Bene Yaakan yi Mosera afi si Aron ku, eye woɖii ɖo. Aron ƒe viŋutsu Eleaza zu nunɔla ɖe eteƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-viwo ho tso Beerot-Bene-Yaakan heva Mosera, afisi Aron ku ɖo, eye woɖii ɖe afima, eye via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israelviwo ho tso Yaakantɔwo ƒe vudowo gbɔ heva Mosera. Aron ku ɖe afi ma, eye woɖii ɖi. Via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe.