Deuteronomy 11:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea ɖeke manɔ te ɖe mia nu o, eye Yehowa, mia Mawu, ana ŋɔdzi kple vovɔ̃, si le mia ŋu la, naɖo anyigba blibo, si dzi va ge míala la, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, mia Mawu la ana ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ si le mia ŋu la aɖo anyigba si dzi va ge miala la dzi nɔlawo katã, abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene. Ame aɖeke manɔ te ɖe mia nu o.