Deuteronomy 11:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mianɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔ na woa kple wo viwo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne miewɔ esia la, mianɔ agbe didi le anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, si ŋugbe Aƒetɔ do na mia tɔgbuiwo be yeatsɔ ana woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo la dzi.