Deuteronomy 12:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mekpɔ mo ano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple ami ƒe ewolia, wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, nusiwo katã nèɖe adzɔgbe na kple nusiwo nana le ɖokuiwò si kpakple adzo, si wò asi na la, le wò duwo me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mègaɖu nuwo ƒe akpa ewolia siwo nètsɔ na Aƒetɔ le du siwo me nèle la o. Eɖanye bli o, wain o, ami o, lãhawo o, alẽhawo o, adzɔgbeɖenuwo o, lɔlɔ̃nu faa nunanawo o, alo nu siwo nèna le ɖokuiwò si o, mègaɖu wo o.