Deuteronomy 12:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke boŋ mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me la, miaɖu wo ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu atia, eye nakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me le nusiwo nètso wò asi wo dɔ kpɔ la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke mi kple mia viwo, miaƒe dɔla ŋutsu kple nyɔnuwo kpakple Levitɔ siwo le miaƒe du me la, miɖu nu siawo le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la, tia na mi la ɖeɖe ko le eŋkume. Kpɔ dzidzɔ le teƒe sia le nu siwo katã miete ŋu wɔ dɔ kpɔ la ŋuti.