Deuteronomy 12:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne teƒe, si Yehowa, wò Mawu tia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ, didi na wò akpa la, ekema wu wò nyi alo alẽ, si Yehowa na wò la, abe alesi mede se na wò ene, eye naɖui le wò du me, abe alesi nèdi ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne teƒe si Aƒetɔ, mia Mawu la afia be woanɔ ye subɔm le la didi na mi akpa la, ekema miwu nyi alo alẽ siwo Aƒetɔ na mi la, ƒe ɖe abe ale si megblɔ na mi ene, eye miaɖui le miaƒe du me le afi si mielɔ̃.