Deuteronomy 12:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne Yehowa tsrɔ̃ dukɔ mawo vɔ la, mikpɔ nyuie be miewɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo dzi o, elabena wo dzi wɔwɔ ahe ku vɛ na mi. Migadze agbagba be yewoanya ale si wosubɔa woƒe mawuwo, ale be yewo hã yewoasubɔ le mɔ ma dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema kpo nyuie, bena nagadze wo yome aɖo mɔ̃ me o; eye ne wotsrɔ̃ wo le ŋgɔwò megbe la, megabia woƒe mawuwo ta se agblɔ be: alesi dukɔ siawo le woƒe mawuwo subɔme la, nenema nye hã mawo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ne wotsrɔ̃ wo le ŋgɔwò vɔ la, kpɔ nyuie be màgawɔ woƒe mawusubɔsubɔkɔnuwo o. Mègabia woƒe mawuwo ta se be: ‘Ale ke dukɔ siawo subɔa woƒe mawuwoe?’ ale be wò hã nàsubɔ tɔwò nenema o.