Deuteronomy 12:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
afima miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, miaƒe adzɔgbeɖe-nunanawo kple nusiwo miena le mia ɖokui si, kpakple nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ayii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mitsɔ miaƒe numemevɔsawo, ŋutifafavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe akpa ewolia, miaƒe nunanawo, adzɔgbeɖenuwo, nu siwo mienana faa le mia ɖokui si kple miaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo yi afi ma ɖeka ko.