Deuteronomy 13:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Migatsɔ woƒe nuwo dometɔ aɖeke na mia ɖokuiwo o! Ekema Yehowa miaƒe Mawu aɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, akpɔ nublanui na mi, eye wòawɔ mi dukɔ gã aɖe abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mègatsɔ busunu siwo wòle be nàtsrɔ̃ la dometɔ aɖeke na ɖokuiwò o, ne Aƒetɔ ƒe dɔmedzoe helihelĩ la nu nafa, eye wòave nu wò. Ekema akpɔ nublanui na wò eye wòana nàdzi asɔ gbɔ fũu, abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene.