Deuteronomy 13:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megana busunuawo dometɔa ɖeke nalé ɖe wò asi ŋu o, bena Yehowa ƒe dɔmedzoe nu nata, eye wòave nuwo ahana nadzi ɖe dzi, abe alesi wòka atam na fofowòwo ene;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia ava eme na wò, ne èse Aƒetɔ, wò Mawu la, ƒe gbe eye nèlé eƒe se siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi, eye nèwɔ nu si wòdi la.