Deuteronomy 13:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema migaɖo to nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o, elabena ɖe Yehowa, mia Mawu la, Me mia dom kpɔ, ne yeadze sii be, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me hã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Minɔ Aƒetɔ, mia Mawu la, yome, eye mivɔ̃e. Milé eƒe sewo me ɖe asi, eye mise eƒe gbe. Misubɔe, eye miwɔ nuteƒe nɛ.