Deuteronomy 13:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye nuvɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke miwu gbeƒãɖela alo drɔ̃egɔmeɖela ma elabe ele amewo fiam be woadze aglã ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu, evɔ la, Aƒetɔ ye kplɔ mi tso Egipte afi si mienye kluviwo le kpɔ. Ame vɔ̃ɖie nye ame ma ƒomevi elabe edi be yeana miaɖe asi le agbe si ƒomevi Aƒetɔ, mia Mawu la, di be mianɔ la ŋu. Eya ta miwui ne miavo tso nuvɔ̃ɖi si eyama nye la si me.