Deuteronomy 15:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne èƒle kluvi aɖe si nye Hebritɔ, ŋutsu alo nyɔnu la, ele be wòasubɔ wò ƒe ade, eye nàna ablɔɖee le ƒe adrelia me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne noviwò, Hebri-ŋutsu alo Hebri-nyɔnu, tsa eɖokui dzra na wò la, ekema wòasubɔ wò ƒe ade, ke le ƒe adrelia me la, naɖe asi le eŋu woadzo le gbɔwò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne nɔviwò Israel-ŋutsu alo nyɔnu dzra eɖokui na wò kluvii la, na wòasubɔ wò ƒe ade. Le ƒè adrẽlia me la, ɖe asi le eŋu wòadzo.