Deuteronomy 15:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ele be nàkɔ wò alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la. Mègana wò nyitsu si nye ŋgɔgbevi la nawɔ dɔ le agble me o, eye mègako fu le wò alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kɔ wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la; megana wò nyitsu, siwo nye ŋgɔgbéawo la, nawɔ dɔ na wò o, eye megako fu le wò alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ŋu o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Tsɔ wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu la na Aƒetɔ, wò Mawu la. Mègana nyitsua nawɔ dɔ na wò o, eye mègako fu le agboa ŋu hã o.