Deuteronomy 15:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ nyuie, bena tamesusu dzodzroa ɖeke magava wò dzime, eye nagblɔ bena: ƒe adrelia tu aƒe, eye wole fe tsa ge ake, eye natre ŋku ɖe noviwò dahe la agbe nunanae o; ne wòagayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatro zu nuvɔ̃ na wò o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ nyuie! Ame aɖeke negatsɔe be ƒè adrẽlia gogo, eye wole fe tsɔ ge ake ta, ne ehavi xaxa heva bia be nedo nane na ye la, wòawɔ dɔmevevi le eŋu agbe edodo nɛ o. Ne èwɔ esia, eye wòfa konyi na Aƒetɔ ɖe ŋuwò la, woabu fɔ wò.