Deuteronomy 17:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne amea ɖe sẽ to ɖe nunɔla, si le Yehowa, wò Mawu, subɔm le afima, kple ʋɔnudrɔ̃la ŋu, eye meɖo to wo o la, ekema woawu ame la; eye woaɖe vɔ̃ la ɖa le Israel dome,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame aɖe gbe nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotsoa la, woawui be nàɖe nuvɔ̃ɖi sia ɖa le Israelviwo dome.