Deuteronomy 17:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne megado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le se la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o, ne eya kple viaŋutsuwo nanɔ zi la dzi eteƒe nadidi le Israel dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia ana be mado eɖokui ɖe dzi abu be yenyo wu ye nɔvi Israelvi bubuawo, eye wòagbe toɖoɖo Mawu ƒe se la le mɔ aɖeke nu o. Ekema anɔ agbe aƒo wɔ ɖe aɖu ŋu, eye eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo siaa anɔ zi dzi eteƒe adidi le Israel-dukɔ me.”