Deuteronomy 18:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖo ŋku edzi be womana domenyinu nunɔlawo kple Levitɔ bubuawo abe Israelvi bubuawo ene o. Le esia ta la, ele be woatsɔ vɔsa siwo wotsɔ va Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi la kple nunana bubu siwo amewo atsɔ vɛ na Yehowa la akpɔ wo dzii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lewi-to blibo la, si nye nunɔlawo la, maxɔ gome alo domenyinua ɖeke akpe ɖe Israel ŋu o, ke boŋ woatsɔ Yehowa ƒe dzovɔsa, si nye woƒe domenyinu la, anyro wo ɖokui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Levi-to blibo la, si nye nunɔlawo ƒe to la, maxɔ anyigba aɖeke le Israel-dukɔa me o. Le esia ta woanɔ agbe ɖe nu siwo to bubuawo ava nɔ Mawu nam alo atsɔ va nɔ vɔ sam na Mawu la ko ŋu.