Deuteronomy 18:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne nyagblɔɖilaa ɖe gblɔ nya le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, gake nya la meva me o, eye medze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la o, ke boŋ nyagblɔɖila la ŋutɔe do eɖokui ɖe dzi hegblɔe; eyata megavɔ̃e o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne gbeƒãɖela aɖe gblɔ nya le Aƒetɔ ŋkɔ me, gake nya la meva eme o alo nye nyateƒe o la, ekema menye Aƒetɔ lae gblɔe o; gbeƒãɖela ma ŋutɔe kpa nya la gblɔ eya ta migavɔ̃ na eyama o.