Deuteronomy 18:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne èva ɖo Ŋugbedodonyigba Yehowa wò Mawu la le na wò ge dzi la, ele be nàkpɔ nyuie be dukɔ siwo le anyigba la dzi fifia la ƒe kɔnyinyi vlowo magblẽ kɔ ɖo na mi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne èyi anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasrɔ̃ dukɔ mawo ƒe ŋunyɔnuwo nawɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne èɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la le na wò ge dzi la, mègakpɔ ŋunyɔnu siwo dukɔ ma me tɔwo wɔna la wɔ o.