Deuteronomy 19:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema wo de dumegãwo nadɔ ame woaɖakplɔe tso afima vɛ, eye woatsɔe ade asi na hiãtɔ, ne woawu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ele be amewula la ƒe dumegãwo nadɔ ame ɖa woayi ɖakplɔ amewula la tso du si me wòsí yi la me vɛ, eye woatsɔe ade asi na hlɔ̃biala ne wòabia hlɔ̃e.