Deuteronomy 19:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megage nɔviwò ƒe liƒo, si tɔgbuiwòwo ɖe ɖe wò anyigba dzi, be wòanye wò domenyinu le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tɔwo la dzi, ɖe eme o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Le domenyinu si asu asiwò le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, tsɔ na wò be wòanye tɔwò dzi la, mègatrɔ hawòvi ƒe liƒo si tɔgbuiwo do ɖa ɖi tso blema ke la o.”