Deuteronomy 2:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema ke Yehowa kpe ɖe Esau ƒe dzidzimeviwo ŋu le Seir to la gbɔ, eye wotsrɔ̃ Horitɔwo, ame siwo nɔ afi ma do ŋgɔ na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe alesi Yehowa wɔ na Esau-viwo, amesiwo nɔ Seir la ene: etsrɔ̃ Xoritɔwo le wo ŋgɔ, eye wonyã wo hena wo teƒe va do egbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ wɔ nu sia tɔgbe ke na Edomtɔwo siwo nye Esau ƒe dzidzimeviwo hã. Etsrɔ̃ Xoritɔwo ɖa ale be Edomtɔwo va xɔ wo teƒe hetsi afi ma va se ɖe egbe.