Deuteronomy 2:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Kaftoritɔwo tso Kaftor heva tsrɔ̃ Awitɔwo, amesiwo nɔ kɔƒekɔƒewo me vaseɖe Gaza, eye wònɔ wo teƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo tso Kreta-ƒukpo dzi la va tso kɔƒewo ɖe anyigba siwo le Domeƒu ŋu la dzi. Do ŋgɔ la, wotsrɔ̃ Avitɔ siwo nye afi ma tɔwo koŋ la ɖa, eye woxɔ woƒe anyigba la katã va ɖo keke Gaza ke le anyigbeme.)